Exodus 17:1 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ la, le Yehowa ƒe gbeɖeɖe nu la, Israelviwo dzo le Sin gbegbe la. Wonɔ tɔtɔm ɖe teƒeteƒewo va se ɖe esime woɖo Refidim. Ke esi woɖo afi ma la, tsi aɖeke menɔ anyi o!
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Israel-viwo ƒe ha blibo la ho tso Sin-gbedzi hele teƒeleƒewo tom, abe alesi Yehowa de se ene, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Refidim. Ke tsia ɖeke meli be, dukɔ la nano o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Israelviwo ƒe ameha blibo la ho tso Sin-gbedadaƒo ɖo ta ŋgɔ. Wotɔ ɖe teƒeteƒewo le Aƒetɔ ƒe gbeɖeɖe nu. Wova ɖo Refidim mlɔeba eye woƒu asaɖa anyi ɖe afi ma. Ke tsi aɖeke mele afi ma woano o.