Exodus 17:12 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Abɔwo va ku ɖe Mose ŋu ale gbegbe be, magate ŋu alé atikplɔ la ɖe dzi azɔ o. Ale Aron kple Hur womli kpe aɖe vɛ, eye Mose nɔ edzi. Ame ɖeka nɔ Mose ƒe miame, eye evelia nɔ eƒe ɖusime. Wolé Mose ƒe abɔwo do ɖe dzi va se ɖe esime ɣe ɖo to.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi alɔ ku ɖe Mose ŋu la, wotsɔ kpe ɖe ete wòbɔbɔ nɔ edzi. Eye Aron kple Xur lé eƒe asiwò ɖe dzi; ame ɖeka le axa ɖeka, eye ame evelia le axa bubu dzi Ale wole eƒe asiwò de te, vaseɖe esime ɣe ɖo to.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke abɔ va ku ɖe Mose ŋu, ale wotsɔ kpe va de ete, eye wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe edzi. Aron kple Xur lé eƒe asiwo ɖe dzi; ame ɖeka le axa ɖeka dzi eye ame evelia le axa kemɛ dzi. Ale wolé eƒe asiwo ɖe te, va se ɖe esime ɣe ɖo to.