Exodus 17:6 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mado go wò le agakpe la gbɔ le Horeb. Ƒo agakpe la kple wò atikplɔ si nètsɔ ƒo Nil tɔsisi lae. Tsi ado bababa, asu na ame sia ame.” Mose wɔ abe ale si Mawu gblɔ nɛ ene le Israel ƒe ametsitsiawo ƒe ŋkume.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Kpɔ ɖa, matsi tre ɖe ŋkuwò me ɖe Horeb-kpe la dzi, eye naƒo kpe la, ekema tsi ado atso me, be dukɔ la nano. Eye Mose wɔ nenema le Israel-me tsitsiawo ƒe ŋku me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Kpɔ ɖa, matsi tsitre ɖe ŋkuwò me ɖe Xoreb-kpe la dzi. Ƒo kpe la ekema tsi ado tso eme be dukɔ la nano.” Mose wɔ nenema le Israel-me tsitsiawo ŋkume.