Exodus 17:7 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mose na ŋkɔ teƒe la be Masa si gɔmee nye “Míete Yehowa kpɔ be wòawu mí.” Woyɔnɛ hã be Meriba si gɔmee nye “Nyahehe” kple “Dzrewɔwɔ,” elabena afi mae Israelviwo he nya ɖe Yehowa ŋu le, eye wotee kpɔ be wòawu yewo esi wogblɔ be, “Ɖe Yehowa le mía dzi kpɔ ge loo alo agblẽ mí ɖia?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wona ŋkɔ teƒe la bena: Masa kple Meriba. Elabena Israel-viwo wɔ dzre, eye wote Yehowa kpɔ gblɔ bena: Ɖe Yehowa le mía dome loo, alo meli o?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Dzrewɔwɔ” Mose tsɔ ŋkɔ na teƒe ma be Masa kple Meriba elabe Israelviwo wɔ dzre eye wote Aƒetɔ kpɔ le afi ma bia be: “Ɖe Aƒetɔ le mía dome loo, alo meli o?”