Exodus 18:14 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Mose to kpɔ ɣeyiɣi si ʋɔnudɔdrɔ̃ la xɔna nɛ la, egblɔ nɛ be, “Nu ka ta nèle agbagba dzem be ye ɖeka yeawɔ nu siawo katã, le esime amewo le tsitre le afi sia ŋkeke blibo la katã be nàkpe ɖe yewo ŋuti?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi Mose to kpɔ dɔ, siwo katã le esi le dukɔa ŋuti la, egblɔ bena: Nuka nèle wɔwɔm na dukɔ la alea? Nukaŋuti wò ɖeka nèbɔbɔ na anyi, eye dukɔ blibo la le tsitre ɖe gbɔwò tso ŋdi vaseɖe fiẽ?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi toa kpɔ dɔ gbogbo siwo le edzi na dukɔa la, ebiae be: “Nu kae nye esi wɔm nèle? Nu ka ta nèlɔ dɔ gbogbo siawo kɔ ɖe ɖokuiwò dzi? Nu ka ta wòle be wò ɖeka nàbɔbɔ nɔ anyi eye dukɔ blibo la nava tsi tsitre anɔ lalawòm tso ŋdi va se ɖe fiẽ?”