Exodus 18:21 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Di ame zazɛ̃ aɖewo, ame siwo vɔ̃a Mawu, ame siwo gblɔa nyateƒe eye wotsri zãnuxɔxɔ. Tia wo, eye nàɖo wo ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe ameawo dzi. Ame aɖewo ɖe ame akpe nu, Ame aɖewo ɖe ame alafa nu, Ame aɖewo ɖe ame blaatɔ̃ nu eye Ame aɖewo ɖe ame ewo nu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tia ŋutsu zãzɛwo le dukɔ la dome, amesiwo vɔ̃a Mawu, ɖia anukware, eye woléa fu ŋubiabiã, eye naɖo wo amegãwoe, amea ɖewo ɖe ame akpe nu, amea ɖewo ɖe ame alafa nu, amea ɖewo ɖe ame blaatɔ̃ nu, eye amea ɖewo ɖe ame ewo nu,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ tia ŋutsu zazɛ̃ aɖewo le ameawo dome eye nàɖo wo kplɔlawoe; ɖewo ɖe ame akpe nu, ɖewo ɖe ame alafa nu, ɖewo ɖe ame bla atɔ̃ nu, eye ɖewo ɖe ame ewo nu. Ele be woanye ame vɔ̃mawuwo, ame siwo dzi woate ŋu aka ɖo, ame siwo maxɔ zãnu o.