Exodus 18:22 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Na ame siawo nadrɔ̃ nya kukluiwo na ameawo ɣe sia ɣi. Nya veviwo kple nya sesẽwo koe woatsɔ va gbɔwòe. Ne èto mɔ sia dzi la, nuwo abɔbɔ na wò, elabena àma nyadɔdrɔ̃ ƒe agba kple nyadrɔ̃lawo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
bena woadrɔ̃ ʋɔnu na dukɔ la ɣesiaɣi, negbe nya veviwo ko woatso va gbɔwò; ke nya kpotokpotoewo la woa ŋutɔwo nadrɔ̃e. Ale naɖe agba le ɖokuiwò dzi, eye woaxɔ na wò.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Na ame siawo nanye dukɔa ƒe ʋɔnudrɔ̃lawo koŋ. Woate ŋu atsɔ nya sesẽwo ava wò ŋutɔ gbɔwòe, ke woawo nanɔ nya kpotokpotoewo katã drɔ̃m. Ale nàɖe agba le ɖokuiwò dzi, eye woawo axɔ agba la ƒe ɖe atsɔ.