Exodus 18:26 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Wonɔa anyi ɣe sia ɣi na nyadɔdrɔ̃. Wotsɔa nya sesẽwo vaa Mose gbɔ, ke wodrɔ̃a nya kukluiwo le wo ɖokuiwo si.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wodrɔ̃a ʋɔnu na dukɔ la ɣesiaɣi, negbe nya veviwo ko wotsɔna vaa Mose gbɔe, ke nya kpotokpotoewo katã la woawo ŋutɔ drɔ̃nɛ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame siawo katã drɔ̃a ʋɔnu na dukɔ la ɣe sia ɣi, negbe nya sesẽwo ko wogatsɔna vaa Mose ŋutɔ gbɔe.