Exodus 18:8 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mose gblɔ nu siwo katã dzɔ kple nu siwo Yehowa wɔ Farao kple Egiptetɔwo, ale be yeate ŋu aɖe Israelviwo, nukpekeame siwo nɔ mɔ me na Israelviwo kple ale si Yehowa ɖe wo tso wo katã me la na toa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyome Mose xlẽ nusiwo katã Yehowa wɔ Farao kple Egiptetɔwo le Israel ta, kple fu, siwo katã dzɔ ɖe wo dzi le mɔ ta, kpakple alesi Yehowa ɖe wo la, na toa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mose gblɔ nu si katã Aƒetɔ wɔ Egipte Fiagã la kple Egiptetɔwo ɖe Israel ta la na toa. Nenema ke wòxlẽ nukpekeame siwo katã ɖe fu na wo le woƒe mɔzɔzɔa me kple ale si Aƒetɔ ɖe wo tso wo me la hã fia toa.