Exodus 19:12 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ɖo liƒo siwo ŋu ameawo magbɔ o la na wo. Gblɔ na wo be, ‘Mikpɔ nyuie be mialia to la alo aka asi eŋu gɔ̃ hã o. Ame sia ame si da le se sia dzi la dze na ku.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ɖo liƒo na dukɔ la godoo, eye nagblɔ na wo bena: Mikpɔ nyuie, be amea ɖeke nagalia to la alo ade enu akɔ asi eŋu o. Amesiame, si aka asi toa ŋu la, ku ke wòaku!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ɖo seƒe na wo godoo ƒo xlã to la, eye nàgblɔ na wo be: ‘Ame aɖeke mekpɔ mɔ aflɔ liƒo ma o. Ame aɖeke mekpɔ mɔ alia to la alo agogoe gɔ̃ hã o. Ame sia ame si ka toa ŋu la, woawui.