Exodus 19:18 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Dzudzɔ tsyɔ Sinai to blibo la dzi, elabena Yehowa ɖi ɖe edzi le dzo ƒe nɔnɔme me. Dzudzɔ la yi dzi ʋĩi abe kpodzo gã aɖe ƒe dzudzɔ ene. To blibo la ʋuʋu kpekpekpe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye dzudzɔ bia Sinai-to blibo la, elabena Yehowa ɖi va edzi le dzo me; eye dzudzɔ la ɖe dzi abe aŋɔɖaƒe dzudzɔ ene, eye to blibo la le ʋuʋum ŋutɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Dzudzɔ bla Sinai-to blibo la elabe Aƒetɔ le dzo me ɖi va toa tame. Dzudzɔ de dzi ʋĩi abe dzudzɔti me wòle dodom tso ene; to blibo la le ʋuʋum sesĩe ŋutɔ.