Exodus 19:9 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa gblɔ na Mose be, “Mele gbɔwò va ge le lilikpo dodo aɖe me, ale be ameawo ŋutɔ nate ŋu ase nye gbe ne mele nu ƒom na wò, ekema woaxɔ dziwò ase ɣe sia ɣi.” Eye Mose gblɔ dukɔ la ƒe nyawo na Yehowa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Mava gbɔwò le alilikpo dodoa ɖe me, be ne mele nu ƒom kpli wò la, dukɔ la nasee, eye woaxɔ dziwò ase tegbee. Eye Mose gblɔ dukɔ la ƒe nyawo na Yehowa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Kpɔ ɖa, megbɔna gbɔwò le alilikpo dodo aɖe me, be ne mele nu ƒom kpli wò la, dukɔ la nasee, eye woawo hã naxɔ dziwò ase tegbee.” Ale Mose gblɔ dukɔ la ƒe nyawo na Aƒetɔ.