Exodus 2:12 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mose tsa ŋku mlamlamla be yeaka ɖe edzi be ame aɖeke menɔ ye kpɔm o. Ewu Egiptetɔ la, eye wòɖii ɖe ke me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi wotsa ŋu mlamlamla mekpɔ amea ɖeke o la, eƒo Egiptetɔ la wu, eye wòlɔ ke ɖe edzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mose tsa ŋku, tsa ŋku, eye esi mekpɔ ame aɖeke o la, eƒo Egiptetɔ la wu, eye wòlɔ ke ƒo ɖe edzi.