Exodus 2:14 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ŋutsu sia biae be, “Ame kae ɖo wò fia kple ʋɔnudrɔ̃la ɖe mía nu? Ɖe nèle didim be yeawu nye hã abe ale si nèwu Egiptetɔ ma etsɔ enea?” Vɔvɔ̃ ɖo Mose, elabena ebu xaa be, “Ɖewohĩ nu si mewɔ la le nyanya me na amewo.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke eya ɖo ŋu bena: Amekae ɖo wò amegã kple ʋɔnudrɔ̃la ɖe mía nu? Ɖe nèbe, yeawu nye hã, abe alesi nèwu Egiptetɔ la enea? Tete Mose ɖe asi vɔvɔ̃ me, elabena ekpɔ bena, nya la ɖi wose.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eɖo eŋu na Mose be: “Ame kae ɖo wò amegã kple ʋɔnudrɔ̃la ɖe mía nu? Ɖe nèbe yeawu nye hã abe ale si nèwu Egiptetɔ ma enea?” Mose gblɔ be: “Nya la ɖi; amewo see!” Ale vɔvɔ̃ ɖoe.