Exodus 2:3 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke esi wòkpɔ be yemagate ŋu aɣlae wòadidi wu nenema o la, etsɔ aƒla lɔ̃ kusi, eye wòsi aŋɔ ɖe eme ale be tsi mate ŋu age ɖe eme o. Ekɔ ɖevi la mlɔ kusi la me, eye wòtsɔe ɣla ɖe aƒla siwo le Nil tɔsisi la to la me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi megate ŋu le eɣlam o la, etsɔ kusi, si wotso aɖa lɔ̃e, eye wòtree kple aŋɔ keŋ, emegbe la etsɔ ɖevi la mlɔ me, eye wòkɔe ɖada ɖe Nil-tɔsisi to le aƒlawo me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi megate ŋu le ɖevia ɣlam o la, edi kusi si wolɔ̃ kple aɖa eye wotree kple aŋɔ la, tsɔ ɖevi la de eme, eye wòtsɔe yi ɖada ɖe aƒlawo dome le tɔsisia to.