Exodus 20:11 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
elabena le ŋkeke ade mee Yehowa wɔ dziƒo, anyigba, atsiaƒu kple nu siwo katã le wo me, eye wòdzudzɔ le ŋkeke adrelia gbe, eya ta Yehowa yra Dzudzɔgbe la, eye wòwɔe kɔkɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena ŋkeke ade mee Yehowa wɔ dzi kple anyigba, atsiaƒu kple nusiwo katã le eme, eye wòdzudzɔ eɖokui le ŋkeke adreagbe. Eyata Yehowa yra dzudzɔgbe la, eye wòwɔe kɔkɔe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe ŋkeke ade mee Aƒetɔ wɔ dziƒo kple anyigba, atsiaƒu kple nu siwo katã le eme, eye wòdzudzɔ eɖokui le ŋkeke adrẽa gbe. Eya ta Aƒetɔ yra dzudzɔgbe la, eye wòwɔe kɔkɔe.