Exodus 22:30 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Na wò nyiwo kple alẽwo ƒe ŋgɔgbeviwo nanɔ wo dadawo gbɔ ŋkeke adre, eye nàtsɔ wo nam le ŋkeke enyilia gbe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ame kɔkɔewo míenye nam. Eyata migaɖu lã, si nu lé le gbe me la o; ke boŋ mitsɔe ƒu gbe na avũwo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Miwɔ nenema ke na miaƒe nyiwo kple alẽwo hã. Ne wodzi ɖe la, nenɔ nɔa gbɔ ŋkeke adrẽ, eye le ŋkeke enyia gbe la, mitsɔe nam.