Exodus 23:11 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
ke migblẽ anyigba la ɖi wòadzudzɔ le ƒe adrelia me. Mina ame dahe siwo le mia dome la naxa nuku siwo mieɖe le miaƒe agble dzi le wo ɖokuiwo si, eye migblẽ nuku siwo susɔ la ɖi na lãwo woaɖu. Se sia ke ku ɖe miaƒe waingblewo kple amitivewo hã ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke le ƒe adrelia me la na wòagbɔ ɖe eme, eye woazu flu, bena wò dukɔ la me ame dahewo nakpɔ nu aɖu, eye nusi susɔ la, gbemelãwo naɖui. Nenema ke nawɔ wò weingblewo kple wò devewo hãe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke le ƒè adrẽlia me la, na anyigba la nagbɔ ɖe eme azu flu ale be ame dahe siwo le wò dukɔ me la nakpɔ nu aɖu, eye nu si wosusɔ ɖi la, gbemelãwo nava ɖui. Wɔ nenema ke le wò waingble kple wò amitigblewo me hã.