Exodus 23:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Mikpɔ egbɔ be miewɔ se siawo katã dzi. Miɖo ŋku edzi, migayɔ mawu bubu aɖeke ƒe ŋkɔ le gbedodoɖa alo atamkaka me o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Midzra nya sia nya, si megblɔ na mi la ɖo. Migaɖu mawu bubuwo ƒe tame o, eye womagase woƒe ŋkɔ hã le nua nu o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Miwɔ nya siwo katã megblɔ na mi la dzi. Migayɔ mawu bubu aɖeke ŋkɔ o; ɖeke ŋkɔ megaɖi le mia nu gɔ̃ hã o.