Exodus 23:15 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Gbãtɔe nye Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui. Migaɖu abolo si wowɔ kple amɔ ʋaʋã o ŋkeke adre abe ale si mede se na mi kpɔ ene. Ŋkekenyui sia ɖuɖu anɔ edzi ƒe sia ƒe le Tedoxe si nye ɣleti si me miedzo le Egipte. “Ame sia ame asa vɔ nam le ɣeyiɣi sia me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ɖo ŋku abolo maʋamaʋã ŋkeke la dzi; ŋkeke adre sɔŋ naɖu abolo maʋamaʋã le nuŋeɣleti ƒe ŋkeke, si woɖo la dzi, abe alesi mede se na wò ene; elabena eya dzi nèʋu tso Egipte. Ke womava ŋkunye me asi gbolo o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le Abib si nye ɣleti si me mieʋu dzo le Egipte me la, miɖu Abolo Maʋamaʋã Ŋkeke Nyui abe ale si meɖoe na mi la ene. Miɖui ŋkeke adrẽ, eye le ŋkeke adrẽ mawo me la, migaɖu abolo aɖeke si me amɔwɔʋãnu le la o. Ame aɖeke negava ŋkunye me asi ƒuƒlu o.