Exodus 23:31 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Mana wò anyigba ƒe liƒowo natso Ƒu Dzĩ la nu ayi Filistitɔwo ƒe ƒu la nu, eye wòagatso gbegbe siwo le anyigbeme va se ɖe Frat tɔsisi la nu. Mana nàɖu ame siwo katã le anyigba la dzi fifia la dzi, eye mana woasi le ŋgɔwò.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye mana wò liƒowo natso Avaƒu la nu vaseɖe Filistitɔwo ƒe ƒu la nu, tso gbedzi vaseɖe tɔsisi la nu; elabena matsɔ anyigbadzitɔwo ade asi na wò, eye nanyã wo le dowòme.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Miaƒe liƒo atso Aƒlaƒu la nu aɖado ɖe Filistitɔwo ƒe ƒu la nu; agatso gbedadaƒo la va se ɖe Frat-tɔsisi la nu. Matsɔ anyigba la dzi nɔlawo ade asi na mi, eye mianyà wo ɖa le mia ŋgɔ.