Exodus 23:33 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mègana woanɔ mia dome o, elabena menya be woana miadze woƒe mawuwo subɔsubɔ ƒe nu vɔ̃ me; esia anye mɔtetre na mi, eye wòahe dzɔgbevɔ̃e gã va mia dzi.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Womeganɔ wò anyigba dzi o, ne womagava ble wò nawɔ nuvɔ̃ ɖe ŋunye o. Elabena ne èsubɔ woƒe mawuwo la, atrɔ zu mɔ̃ aɖe wò.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Womeganɔ miaƒe anyigba la dzi o. Ne wotsii la, woawɔ vɔ̃ ɖe ŋunye, elabe ne miesubɔ woƒe mawuwo la, anye mɔ̀ na mi godoo.