Exodus 24:16 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dze ɖe Sinai to la dzi, eye lilikpo la tsyɔ to la dzi ŋkeke ade. Le ŋkeke adrelia gbe la, Yehowa yɔ Mose tso lilikpo la me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe va nɔ Sinai-to la dzi, eye alilikpo tsyɔ to la ŋkeke ade sɔŋ Le ŋkeke adreagbe la eyɔ Mose tso alilikpo la me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe va nɔ Sinai-to la dzi eye alilikpoa tsyɔe ŋkeke ade. Le ŋkeke adrẽa gbe la, eyɔ Mose tso alilikpoa me.