Exodus 24:7 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mose tsɔ agbalẽ si me nublanyawo le eye wòxlẽe na ameawo, eye ameawo gagblɔ be, “Míawɔ nu sia nu si Yehowa gblɔ na mi la, eye míalé eme ɖe asi.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wotsɔ agbalẽ, si me nubablanyawo le, hexlẽ sesĩe ɖe dukɔ la ƒe to me. Tete wogblɔ bena: Nya, siwo katã Yehowa gblɔ la, miawɔe, eye míalé eme ɖe asi!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Etsɔ agbalẽ si me wòŋlɔ nublanyaawo ɖo, eye wòxlẽe be dukɔ la nasee. Tete wogblɔ be: “Miawɔ nu siwo katã Aƒetɔ gblɔ na mí la pɛpɛpɛ, eye mianye toɖolawo.”