Exodus 25:23 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Emegbe la, nàtsɔ akasiati akpa kplɔ̃ wòadidi sentimita blaenyi-vɔ-enyi, akeke sentimita blaene-vɔ-ene, eye wòakɔ sentimita blaade-vɔ-ade.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Emegbe natsɔ xé akpa kplɔ̃e; eƒe didime nanye abɔklugui eve, kekeme nanye abɔklugui ɖeka, eye eƒe kɔkɔme nanye abɔklugui ɖeka kple afã.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Emegbe tsɔ xe nàkpa kplɔ̃. Kplɔ̃a ƒe didime nanye sentimeta bla enyi vɔ enyi, eƒe kekeme nanye sentimeta bla ene vɔ ene, eye eƒe kɔkɔme nanye sentimeta bla ade vɔ ade.