Exodus 26:24 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Woatsɔ sikasigɛwo alé sɔtiawo kple dzogoedzitɔwo siaa ɖekae le eƒe dzigbe kple anyigbe siaa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye woakpe wo gome kple wo tame ɖe ʋuƒoawo ŋu, bena asigɛ ɖeka nano wo ŋu. Alea woawo wo kple eve lae, eye woanɔ dzogoeawo kple eve dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mɔ nanɔ dzogoedzi ʋɔtruti eveawo dome le anyime gake le dzime la, woanɔ wo nɔewo ŋu kam, eye asigɛ gã ɖeka nanɔ wo ŋu. Aleae woawɔ ʋɔtruti eveve siwo le dzogoeawo dzi la dometɔ ɖe sia ɖe.