Exodus 26:36 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Tsɔ avɔ si wolɔ̃ aɖaŋutɔe kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖetika ɣi la wɔ xɔmemɔnuvɔ na agbadɔ kɔkɔe la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye avɔlɔ̃lawo natsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dze kple ɖeti ɣi dada alɔ̃ avɔ, bena woatsɔ atu agbadɔ la nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Azɔ nàna woalɔ̃ mɔnuvɔ ne natsi ɖe agbadɔa nu. Tsɔ lãfu blɔtɔ kple dzẽtɔ ƒe ka, ka dzẽ kple ɖeti ɣi dada lɔ̃e. Mitsɔ abui ta nuwo ɖe eto tsɔ ɖo atsyɔ̃ nɛ.