Exodus 27:11 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Woawɔ avɔ la nenema ke le anyiehe gome hã. Woaku avɔ mita blaene-vɔ-ene ɖe klosalogatagbadzɛawo ŋu, ɖe gakawo ŋu le kpɔtiawo ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nenema ke anyiehekpa hã ƒe avɔ nadiɖi abɔklugui alafa ɖeka, eye kpɔti blave, siwo gɔme akɔblifɔ blave le, nakpe ɖe eŋu; kpɔtiawo ŋu gatagbadzɛawo kple heletiawo nanye klosalo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nenema ke dzigbemekpa hã ƒe avɔ nadidi meta bla ene vɔ ene, eye kpɔti bla eve siwo gɔme akɔblifɔ bla eve le nakpe ɖe eŋu. Kpɔtiawo ŋu gatagbadzɛwo kple helétiawo nanye klosalo.