Exodus 27:16 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Avɔ si keke mita asiekɛ la, nanɔ kpɔtɔtɔ la ƒe mɔnu. Avɔ la nanye esi avɔlɔ̃la la lɔ̃ kple ka blɔtɔ, dzĩtɔ kple hẽtɔ, eye woatsii ɖe kpɔti ene siwo te afɔti le ɖekaɖeka la ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esia megbe avɔlɔ̃lawo natsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ, ka dze kple ɖeti ɣi dada alɔ avɔ, si adidi abɔklugui blave hena agbo la nu, eye kpɔti ene, siwo gɔme afɔ ene le la, nakpe ɖe eŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tsi mɔnuvɔ ɖe agboa ŋutɔ nu hã. Mɔnuvɔ sia nadidi meta asieke. Tsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzẽtɔ, ka dzẽ kple atitsroka si wotro la lɔ̃e, eye nàtsɔ abui ata nuwo ɖe eto. Tsɔ akɔblikpɔti ene siwo te afɔ zekpe le la lée ɖe enɔƒe.