Exodus 27:21 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ele be Aron kple viawo nakɔ akaɖi sia, si womana wòatsi akpɔ o la ada ɖe agbadɔ la me, le xɔmetsovɔ, si xe nublaɖaka ŋkume la ŋgɔ. Woana wòanɔ bibim zã kple keli le Yehowa ŋkume. Esia nye se mavɔ na Israelviwo tso dzidzime yi dzidzime.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
le Mawu ƒe agbadɔ la me, le xɔmetsovɔ, si xe nubablaɖaka ŋku me la ŋgɔ, eye Aron kple viaŋutsuwo nadzrae ɖo, bena wòanɔ bibim le Yehowa ƒe ŋku me tso fiẽ vaseɖe ŋdi. Esia anye ɖoɖo na Israel-viwo kple woƒe dzidzimeviwo tegbee.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aron kple via ŋutsuwo nanɔ edzi kpɔm. Woakpɔ egbɔ be wòanɔ bibim gbe sia gbe, tso fiẽ va se ɖe ŋdi le Aƒetɔ ŋkume, le xɔmetsovɔ si godo nubablaɖaka la le la ŋgɔ. Ele na Israelviwo be woawɔ ɖe ɖoɖo sia dzi tegbee tso dzidzime yi dzidzime.