Exodus 28:1 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Na woakplɔ nɔviwò ŋutsu Aron vɛ na wò tso Israelviwo dome kpe ɖe via ŋutsuwo Nadab, Abihu, Eleaza kple Itamar ŋu ale be woawɔ dɔ nam abe nunɔlawo ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye naɖe nɔviwò Aron kple viaŋutsuwo le Israel-viwo dome ava gbɔwòe, bena woazu nunɔlawo asubɔm; Aron ŋutɔ kple viaŋutsuwo: Nadab, Abihu, Eleazar kple Itamar.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Azɔ ɖe nɔviwò ŋutsu Aron kple via ŋutsuwo, Nadab, Abihu, Eleazar kple Itamar, le Israelviwo dome te ɖe ɖokuiwò ŋu ne woazu nunɔlawo asubɔm.