Exodus 28:21 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Kpeawo katã nanɔ wuieve, ɖe sia ɖe ɖe Israel ƒe viŋutsuwo ƒe ŋkɔ nu. Woaɖe Israelviwo ƒe to wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe kpeawo dzi ɖekaɖeka abe ŋkɔsigɛ ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Kpeawo nanɔ wuieve ɖe Israel-viwo ƒe ŋkɔwo nu, eye ŋkɔɖelawo nata to wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Kpeawo nanɔ wui eve ɖe Israel viŋutsuawo nu. Ŋkɔɖelawo naɖe woƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi, kpe ɖeka ŋkɔ ɖeka, be woanye Israel-to wui eveawo ƒe dzesi.