Exodus 28:30 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Tsɔ Urim kple Tumim siwo nye kpe siwo wotsɔna biaa nu Mawu la de akɔtawu la ƒe kotoku me be woanɔ Aron ƒe dzi dzi ne edo ɖe Yehowa ŋkume. Ale Aron atsɔ Israelviwo ƒe nyametsonu la ɖe eƒe dzi dzi ne edo ɖe Yehowa ŋkume.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye natsɔ Urim kple Tumim ade akɔtaɖonu, si enye nyametsonu la me, bena ne Aron yi Yehowa ƒe ŋku me la, wòanɔ eƒe dzi dzi. Israel-viwo ƒe nyametsonu nanɔ Aron ƒe dzi dzi le Yehowa ƒe ŋku me tegbee.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tsɔ Urim kple Tumim de akɔtaɖonu si nye nyametsonu la me be ne Aron yi Aƒetɔ ŋkume la, wòanɔ eƒe dzi dzi. Ele be Israelviwo ƒe nyametsonu la nanɔ Aron ƒe akɔta edziedzi ne wòle Aƒetɔ ŋkume.