Exodus 28:38 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ale wòanɔ Aron ƒe ŋgonu, eye Aron atsɔ vodada siwo anɔ Israelviwo ƒe nunanawo ŋu la aƒu akɔ. Ele be wòakplae ɣe sia ɣi si wòado ɖe Yehowa ŋkume ale be, Mawu nakpɔ ŋudzedze le nunanawo ŋu, eye wòatsɔ nu vɔ̃wo ake.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòanɔ Aron ƒe ŋgonu; ale Aron naxa vodada, siwo le Israel-viwo ƒe nunanawo katã ŋu la, aƒu akɔ; eye wòanɔ eƒe ŋgonu ɖaa, bena woƒe nunanawo nadze Yehowa ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Anɔ Aron ƒe ŋgonu, ale Aron axɔ fɔɖiɖi siwo anɔ Israelviwo ƒe nunana siwo ŋu wokɔ ŋu la aɖo eɖokui dzi. Anɔ eƒe ŋgonu ɖaa bene woƒe nunanawo nadze Aƒetɔ ŋu.