Exodus 28:43 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ele be Aron kple via ŋutsuwo nado awu siawo ɣe sia ɣi si woayi agbadɔ la me alo woayi vɔsamlekpui la gbɔ le Kɔkɔeƒe la. Ne womewɔ nu siawo o la, woaɖi fɔ, eye woaku. Esia nye se matrɔmatrɔ na Aron kple via ŋutsuwo.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Aron kple viaŋutsuwo nadoe, ne woyina ɖe agbadɔ, si me Yehowa ɖea eɖokui fiana le la me, alo wote ɖe vɔsamlekpui la ŋu, be woasubɔ le kɔkɔeƒe la, ne maganye vodada na wo, eye woaku o. Esia nanye ɖoɖo na eya ŋuta kple eƒe dzidzimeviwo tegbee.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aron kple via ŋutsuawo nado wo hafi ayi ɖe agbadɔ si me Aƒetɔ ɖea eɖokui fiana le la. Ele na wo hã be woado wo hafi ate ɖe vɔsamlekpui la ŋu, awɔ subɔsubɔdɔ le kɔkɔeƒe la ne woagaɖi fɔ eye woaku o. Esia nanye ɖoɖo na eya ŋutɔ kple eƒe dzidzimeviwo tegbee.