Exodus 3:12 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mawu gblɔ nɛ be, “Manɔ anyi kpli wò, eye esia anye dzesi si afia be nyee nye ame si le dɔwòm. Ne èkplɔ Israelviwo do goe le Egiptenyigba dzi la, miasubɔ Mawu le to sia dzi.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wògblɔ bena: Manɔ anyi kpli wò! Eye esia anye dzesi na wo bena, nyee dɔ wò: Ne èkplɔ dukɔ la dzoe tso Egipte la, ekema miasubɔ Mawu le to sia dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mawu ɖo eŋu nɛ be: “Manɔ kpli wò; eye dzesi si nàkpɔ anya be nyee dɔ ye ɖa lae nye be: ne èkplɔ dukɔ la do goe tso Egipte la, miasubɔm le to sia dzi.”