Exodus 3:17 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mele ŋugbe dom be maɖe mi tso miaƒe fukpekpewo me le Egipte, eye makplɔ mi ayi anyigba si dzi Kanaantɔwo, Hititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo le fifia la dzi, anyigba si dzi anyitsi kple notsi bɔ ɖo.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata medo bena, made mi atso Egiptetɔwo ƒe teteɖanyi la me akplɔ mi ayi Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo ƒe anyigba dzi, afisi notsi kple anyitsi bɔ ɖo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta medo ŋugbe be maɖe mi tso Egiptetɔwo ƒe fuwɔame la me, eye makplɔ mi ayi Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Amoritɔwo, Xivitɔwo kple Yebusitɔwo ƒe anyigba dzi; anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la.’