Exodus 3:18 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Israelviwo ƒe dumegãwo axɔ wò nya la, ekema woakplɔ wò ayi Egipte fia Farao gbɔ, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu, va do go mí, eye wòbia tso mía si be míazɔ mɔ ŋkeke etɔ̃ ayi gbedzi aɖasa vɔ na Yehowa, míaƒe Mawu la le afi ma.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ne woɖo to wò gbe la, ekema mia kple Israel-viwo ƒe ame tsitsiwo miayi Egipte-fia gbɔ, eye miagblɔ nɛ bena: Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, ɖe eɖokui fia mí; eyata na miazɔ ŋkeke etɔ̃ ƒe mɔ ayi gbedzi, aɖamè nu na Yehowa mia Mawu la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Dukɔ la aɖo to wò. Ekema wò kple Israelviwo ƒe ame tsitsiwo miayi Egipte-fia la gbɔ, eye miagblɔ nɛ be: ‘Aƒetɔ, Hebritɔwo ƒe Mawu la ɖe eɖokui fia mí; eya ta ɖe mɔ na mí míazɔ ŋkeke etɔ̃ ƒe mɔ ayi gbedzi, aɖasa vɔ na Aƒetɔ, mía Mawu la.’