Exodus 3:22 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nyɔnu ɖe sia ɖe axɔ klosalo, sikanuwo kple avɔ nyuiwo le eƒe amegã, Egiptetɔ, srɔ̃a kple eŋumewo si. Miado Egiptetɔwo ƒe nu nyuitɔwo kekeake na mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo! Ale miaha Egiptetɔwo.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ke nyɔnu sia nyɔnu nabia klosalo kple sikanuwo kpakple avɔwo le eƒe aƒelika kple eƒe me medzrowo si, eye miatsɔ wo aɖo atsyɔ̃ na mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo. Ale miaha Egiptetɔwo enye si!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Israel-nyɔnu ɖe sia ɖe nabia klosalotsyɔ̃ɖonu, sikanuwo kple nudodowo le eƒe aƒelika kple amedzro si le eƒeme la si. Miado nu siawo na mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo adzoe. To esia me, miaha Egiptetɔwo.”