Exodus 30:10 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Zi ɖeka le ƒe ɖe sia ɖe me la, Aron awɔ avulévɔsa na eƒe lãdzoawo. Woawɔ ƒe sia ƒe ƒe avulévɔsa kple nu vɔ̃ ƒe avulévɔsalã ƒe ʋu le dzidzimewo katã me. Enye nu kɔkɔetɔ kekeake na Yehowa.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Aron natsɔ nuvɔ̃ ŋuti vɔsalã, si enye avulénu la, ƒe ʋu aɖe nuvɔ̃ ɖa le eƒe dzowo ŋu zi ɖeka le ƒe ɖeka me. Zi ɖeka woaɖe nuvɔ̃ ɖa le eŋu le ƒe ɖeka me, eye wòanye ɖoɖo na miaƒe dzidzimeviwo; elabena nu kɔkɔetɔ wònye na Yehowa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aron natsɔ nuvɔ̃ vɔsalã si nye avulénu la ƒe ʋu aɖe nuvɔ̃ ɖa le eƒe dzowo ŋu, zi ɖeka le ƒè ɖeka me. Awɔ nu sia ƒè sia ƒè tso dzidzime yi dzidzime; nu kɔkɔetɔ kekeake wònye na Aƒetɔ.”