Exodus 30:18 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Tsɔ akɔbli wɔ gagbɛ aɖe kple eƒe zɔ hena ŋutikɔklɔ. Tsɔe da ɖe agbadɔ la kple vɔsamlekpui la dome, eye nàkɔ tsi ɖe eme.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tsɔ akɔbli wɔ tsileze, eye natsɔ akɔbli ke aɖo zɔ ɖe egɔme; eye nadae ɖe Mawu ƒe agbadɔ la kple vɔsamlekpui la domee, eye nakɔ tsi ɖe eme.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Tsɔ akɔbli wɔ tsileze, eye nàtsɔ akɔbli ke aɖo zɔ ɖe egɔme. Dae ɖe godoƒegbadɔ la kple vɔsamlekpui la domee eye nàku tsi ɖe eme.