Exodus 30:20 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
ne woyina agbadɔ la me be woado ɖe Yehowa ŋkume alo hafi woate ɖe vɔsamlekpui la ŋu be woasa vɔ na Yehowa. Ele be woaklɔ asi kple afɔ hafi awɔ nu siawo, ne menye nenema o la, woaku.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne wole Mawu ƒe agbadɔ la me yi ge la, woale tsi hafi, bena womagaku o, alo ne wole tete ge ɖe vɔsamlekpui la ŋu, bena woado dzo asa vɔ na Yehowa la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne wole godoƒegbadɔ la me yi ge alo ne wole tete ge ɖe vɔsamlekpui ŋu asubɔ, asa dzovɔ na Aƒetɔ la, ele be woale tsi; ne menye nenema o la, woaku.