Exodus 31:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Gblɔ na Israelviwo be, ‘Ele be miaɖo ŋku nye Dzudzɔgbe la dzi, elabena Dzudzɔgbe la nye ŋkuɖoɖo nubabla si le nye kple miawo dome la dzi tegbetegbe. Esia awɔe be miaɖo ŋku edzi be nyee nye Yehowa, ame si wɔ mi kɔkɔe.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Gblɔ na Israel-viwo bena: Miɖo ŋku ne dzudzɔgbeawo dzi! Elabena dzesi wònye le mia kpli mi kpakple miaƒe dzidzimeviwo dome, ne mianyae bena, nye Yehowa enye amesi wɔ mi kɔkɔe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Gblɔ na Israel-dukɔ la be: ‘Miɖo ŋku nye dzudzɔgbeawo dzi, elabe esia nye dzesi le nye kple miawo kpakple miaƒe dzidzimeawo dome, ne mianyae be nye Aƒetɔ, ye wɔ mi kɔkɔe.