Exodus 31:6 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Metia Oholiab, Ahisamak ƒe vi tso Dan ƒe to la me be wòanye eƒe kpeɖeŋutɔ. “Gawu la, megatsɔ aɖaŋu tɔxɛwo na ame siwo katã mienya be wonye aɖaŋutɔwo ale be woate ŋu awɔ nu siwo mebe nàwɔ la katã:
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Kpɔ ɖa, metsɔ Oholiab, Axisamak viŋutsu tso Dan-to la me, kpe ɖe eŋuti, eye metsɔ nunya de amesiwo katã ƒe dzime nunya le la, ƒe tame, bena woawɔ nusiwo katã ƒe se meɖe na wò la:
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Kpɔ ɖa, metia Oholiab, Axisamak viŋutsu tso Dan-to la me kpe ɖe eŋu, eye mena nunya ame siwo katã ŋu ŋutete le la, be woate ŋu awɔ nu siwo katã meɖo na mi be miawɔ la: