Exodus 32:27 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Egblɔ na wo be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be, ‘Mitsɔ miaƒe yiwo, eye miatsa le asaɖa la me, tso asaɖa la ƒe seƒe ɖeka yi ekemɛ, eye miawu mia ŋutɔwo mia nɔviwo, xɔlɔ̃wo kple ame nyanyɛwo gɔ̃ hã.’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wògblɔ na wo bena: Ale Yehowa Israel ƒe Mawu la gblɔ esi: Ŋutsu sia ŋutsu nesa eƒe yi ɖe ali; mige ɖe asaɖa la me, tso afi yi afi, tso agbo nu yi agbo nu, eye amesiame nawu nɔviaŋutsu, xɔlɔ̃via kple eƒe ƒometɔwo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Egblɔ na wo be: “Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la be: Ŋutsu sia ŋutsu nesa eƒe yi ɖe ali. Mige ɖe asaɖa la me, tso afii yi afi mɛ, tso agbo nu yi agbo nu. Ame sia ame newu nɔvia ŋutsu, xɔlɔ̃a kple eƒe aƒelika.”