Exodus 32:34 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ la, yi eye nàkplɔ nye ameawo ayi teƒe si ƒe nya megblɔ na wò. Meka ɖe edzi na wò be nye Dɔla anɔ ŋgɔ na mi. Ke ne meva be makpɔ ameawo ɖa la, mahe to na wo le woƒe nu vɔ̃wo ta.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Heyi ko, eye nakplɔ dukɔ la ayi teƒe, si megblɔ na wò la, eye nye dɔla adze ŋgɔwò. Gake ne nye toheɣi ɖo la, maxe woƒe nuvɔ̃wo ŋuti fe na wo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke azɔ la, heyi nàɖakplɔ dukɔ la yi afi si megblɔ na wò. Kpɔ ɖa, nye dɔla adze ŋgɔwò. Gake gbe si gbe mava srã wo kpɔ la mava kple woƒe nuvɔ̃ ŋu tohehe.”