Exodus 32:5 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Aron kpɔ ale si ameawo kpɔ dzidzɔe le nyivilegba la ŋu la, etu vɔsamlekpui aɖe ɖe nyivilegba la ŋgɔ, eye wòɖe gbeƒã be, “Etsɔ la, míasa vɔ aɖe na Yehowa!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi Aron kpɔe la, eɖi vɔsamlekpui ɖe eŋgɔ. Eye Aron do kpo bena: Etsɔ enye ŋkekenyuie na Yehowa!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Aron ɖi vɔsamlekpui ɖe sikanyivi la ŋgɔ, eye wòdo kpó na dukɔa be: “Etsɔ la, míaɖu ŋkekenyui na Aƒetɔ.”