Exodus 33:5 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa gblɔ na Mose be wòagblɔ na Israelviawo be, “Mienye aglãdzelawo kple kɔlialiatɔwo. Ne menɔ mia dome aɖabaƒoƒo ɖeka pɛ gɔ̃ hã la, matsrɔ̃ mi. Miɖe miaƒe sikanuwo kple atsyɔ̃ɖonuwo da ɖi va se ɖe esime maɖo kpe nu si mawɔ kpli mi la dzi.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Gblɔ na Israel-viwo be: Dukɔ kɔ lialiatɔwo mienye, ne manɔ mia dome ayi kpli mi aɖabaƒoƒo ɖeka pɛ hã la, matsrɔ̃ mi. Eyata miɖe miaƒe atsyɔ̃ɖonuwo ɖi, eya ko hafi manya, nusi mawɔ na mi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe do ŋgɔ la, Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Gblɔ na Israelviwo be: ‘Dukɔ kɔlialiatɔe mienye. Ne mezɔ kpli mi aɖabaƒoƒo ɖeka pɛ ko hã la, matsrɔ̃ mi keŋkeŋ. Miɖe miaƒe atsyɔ̃ɖonuwo katã da ɖi ne manya nu si mawɔ mi.”