Exodus 34:10 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa ɖo eŋu be, “Enyo. Esiae nye nubabla si mawɔ kple wò. Mawɔ nukunu siwo tɔgbi ame aɖeke mewɔ le xexea me blibo la ƒe akpa aɖeke kpɔ o. Israelviwo katã akpɔ Yehowa ƒe ŋusẽ. Woakpɔ ŋusẽ triakɔ si maɖe afia to dziwò.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eɖo ŋu bena: Kpɔ ɖa, mebia nu kpli wò le wò dukɔ blibo la ŋku me, eye mawɔ nukunu, siwo womewɔ le anyigba blibo la dzi kple dukɔwo katã dome kpɔ o la: eye dukɔ blibo, si dome nèle la, akpɔ Yehowa ƒe nukunuwo, elabena nusi mawɔ kpli wò la, adzi ŋɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Kpɔ ɖa, mebla nu kpli wò. Mele nukunu siwo ƒomevi womewɔ le anyigba blibo la dzi alo le dukɔ aɖeke me kpɔ o la wɔ ge le wò dukɔ blibo la ŋkume. Dukɔ blibo si dome nèle la akpɔ Aƒetɔ ƒe nukunu, elabe nu dziŋɔ wònye wɔ ge mala.