Exodus 36:1 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Dɔwɔla siwo si aɖaŋu kple ŋutete tɔxɛwo le la nakpe ɖe Bezalel kple Oholiab ŋu le agbadɔ la tutu kple eŋunuwo wɔwɔ me abe ale si Yehowa gblɔe ene.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale Bezaleel kple Oholiab kpakple ŋutsu, siwo ƒe tagbɔ aɖaŋu le, amesiwo me Yehowa de nunya kple gɔmesesee, bena woate ŋu anya, alesi woawɔ kɔkɔeƒe la ŋu dɔwo katã la, nawɔ nusiwo katã Yehowa gblɔ la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale Bezaleel kple Oholiab kpakple ŋutsu siwo ƒe tagbɔ aɖaŋu le, ame siwo me Aƒetɔ de nunya kple gɔmesesee, be woate ŋu anya ale si woawɔ kɔkɔeƒe la tutu ŋu dɔwo katã la, nawɔ nu siwo katã Aƒetɔ de se be woawɔ la.”